John 12:1-8

Amisisi na Yesu le Betania

(Mateo 26:6-13; Marko 14:3-9)

1Esusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la. Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me. 2Woɖo kplɔ̃ gɔ̃ aɖe na Yesu le afi sia eye Marta subɔ Yesu le kplɔ̃a ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu. 3Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋẽ xɔasi aɖe vɛ eye wosii na Yesu ƒe afɔwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu afɔawoe. Amia ƒe ʋeʋẽ lilili la xɔ aƒe blibo la me.

4Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si va fia Yesu yomemɔ emegbe la, kpɔ nu sia la, egblɔ bena, 5“Nu ka ta wòle be woagblẽ amiʋeʋẽ xɔasi sia? Ɖe wòle be woadzrae atsɔ ga la ana ame dahewo.” 6Menye ɖe Yuda Iskariɔt le ame dahewo nu vem tae wògblɔ esia o, ke boŋ be enye fiafitɔ eye eya kee kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi tae. 7Tete Yesu gblɔ be “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia dzra ɖo ɖi na nye ɖigbe. 8Ame dahewo le mia dome ɖaa, gake nyemanɔ mia dome ɖaa o.”

Copyright information for EweBEE